Matthew 11

Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ

(Luka 7:18-35)

1Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim, abe ale si wòɖoe da ɖi ene.

2Yohanes Mawutsidetanamela, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Mesia la nɔ wɔwɔm. Le esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, 3“Wò tututue nye ame si ƒe vava míele mɔ kpɔm na loo alo ame bubu aɖe gali gbɔna?”

4Wova bia nya sia Yesu eye wòɖo eŋu na wo bena, “Mitrɔ yi Yohanes gbɔ ne miagblɔ nukunu siwo katã mewɔ miekpɔ la nɛ. 5Migblɔ nɛ be, meʋu ŋku na ŋkunɔwo, mena be tekunɔwo alo bafawo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti kɔ eye tokunɔwo le nu sem, nenema ke mena be ame kukuwo le agbe gbɔm, migblɔ ale si mele nyanyui la gblɔm na ame dahewo la hã nɛ. 6Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’”

Yesu ɖi ɖase le Yohanes ŋu

7Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu gɔme be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma? 8Ne mele eme nenema o la, nu kae miedo go be miakpɔ? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me. 9Ekema nu kae miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ẽ, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 10Elabena Yohanes enye ame si ŋu woŋlɔ ɖi le be, ‘Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ ɖo hafi nàva.’

11“Enye nyateƒe be, le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea! 12Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒoƒiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham. 13Elabena se la, kple nyagblɔɖilawo katã va se ɖe Yohanes dzi gblɔẽ da ɖi, 14eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be, Yohanes enye Eliya, ame si nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ. 15Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ!

16“Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo le abe ɖevi siwo le fefem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be, 17‘Míedzi dzidzɔhawo na mi gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo gake miefa konyi hã o!’ 18Yohanes Mawutsidetanamela menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be, gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. 19Ke nye Mesia la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo! Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”

Babadodo na du siwo metrɔ dzime o

(Luka 10:13-15)

20Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o.

21Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na mi, Korazin kple Betsaida! Elabena ɖe wònye Tiro kple Sidɔn siwo nye du vɔ̃ɖiwo la mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le miaƒe ablɔwo me le la, ne du mawo me tɔwo tsɔ ɖokuibɔbɔ kple vevesese dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ xoxo. 22Le nyateƒe me la anɔ bɔbɔe na Sidɔn kple tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi! 23Eye wò Kapernaum, togbɔ be wode bubu gã aɖe ŋuwò hã la, àyi dzomavɔ la me, elabena ne Sodom mewɔ nukunu klitsu siwo mewɔ le mewò le la, ne wometsrɔ̃ dua o ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe. 24Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sodom le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu wò.”

Miva gbɔnye eye miadzudzɔ

(Luka 10:21-22)

25Le ɣeyiɣi sia me, Yesu do gbe ɖa bena, “O Fofonye, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, meda akpe na wò bena nèɣla nyateƒe la ɖe ame siwo bu wo ɖokuiwo nunyala gãwoe, ke nèɖe nu siawo fia ɖevi suewo. 26Ẽ, Fofo meda akpe be edze ŋuwò be nàwɔe nenema!”

27Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”

Agbagbadzelawo kpekpe

28“Mite va gbɔnye mi ame siwo ŋu ɖeɖi te eye agba le mia wum la eye nye la mana miadzudzɔ. 29Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzime, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme. 30Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe eye nye agba la le wodzoe.”

Copyright information for EweBEE